Genesis 49:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
O, nye luʋɔ, ɖe ɖa le ame siawo ŋu. Nyematɔ ɖe woƒe nu vɔ̃ɖiwo dzi gbeɖe o. Elabena wowu ame aɖe le woƒe dɔmedzoe me, eye wode abi nyiwo ŋu dzodzro abe fefenu ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nye luʋɔ made woƒe adaŋu me o, eye nye dzi mabɔ ha kple wo o, elabena de dziku me wowu ŋutsuwo eye le dzidzɔ teƒe wòŋe ata na nyitsuwo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nye luʋɔ, megade adaŋu kpli wo o. Nye gbɔgbɔ, megade ha kpli wo hã o, elabe wowua ame le dziku me, eye le woƒe movidzɔdzɔ me la, wotso drika na nyitsuwo.