Genesis 5:29 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Lamek na ŋkɔe be Noa si gɔmee nye “Gbɔdzɔe,” elabena egblɔ be, “Ame sia ahe gbɔdzɔe vɛ na mí tso agbledɔ sesẽ si wɔm míele le anyigba si Mawu ƒo fi dee dzi la me.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòna ŋkɔe bena Noa, elabena egblɔ be: Ame sia ana gbɔdzɔe mí tso míaƒe dɔwɔwɔ kple fuɖeɖewo me le anyigba, si Yehowa ƒo fi de la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egblɔ be: “Ɖevi sia ana gbɔdzɔe mí tso míaƒe dɔwɔwɔ kple dagbadagba si Aƒetɔ ƒe fi si wòƒo de anyigba la he vɛ me.” Ale wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Noa.