Genesis 50:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke esi wo fofo ku azɔ la, Yosef nɔviwo de asi vɔvɔ̃ me. Wogblɔ be, “Azɔ la, Yosef aɖo nu vɔ̃ si míewɔ ɖe eŋu la teƒe na mí.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le wo fofo ƒe ku megbe la Yosef nɔviwo le vɔvɔ̃m gblɔ bena: Ɖewohĩ Yosef alé fu mi, eye wòaɖo vɔ̃, siwo katã miewɔ ɖe eŋu la, teƒe na mí.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Yosef nɔviwo kpɔ be yewo tɔ́ ku la, wogblɔ be: “Ɖewohĩ Yosef alé fu mí, eye wòaɖo nu vlo siwo katã míewɔ ɖe eŋu la teƒe na mí.”