Genesis 50:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Egblɔ na wo be, “Migblɔ na fia la be Yosef fofo na Yosef ka atam be yeatsɔ ye fofo ƒe kukua ayi Kanaanyigba dzi, eye yeaɖii ɖe afi ma. Mibia mɔfiala nam be wòaɖe mɔ mayi aɖaɖi fofonye. Mika ɖe edzi nɛ nam be matrɔ agbɔ enumake.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Fofonye na meka atam ne bena, ne yeku la, ekema maɖi ye ɖe yɔdo, si yeɖe ɖe Kanaan-nyigba dzi la me. Eyata meɖe kuku, mayi aɖaɖi fofonye, emegbe magatrɔ agbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
hafi tɔ́nye naku la, ena meka atam nɛ be ne yeku la, maɖi ye ɖe Kanaan-nyigba dzi, ɖe yɔdo si ye ŋutɔ yeɖe da ɖi la me. Eya ta meɖe kuku, miɖe mɔ nam ne mayi aɖaɖii ɖe afi ma agatrɔ agbɔ.”