Genesis 8:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa kpɔ ŋudzedze le vɔsa la ŋu, eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyemagaƒo fi ade anyigba o, eye nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã le edzi azɔ o, togbɔ be amegbetɔ ƒe dzɔdzɔme henɛ dea nu vɔ̃ me tso keke eƒe ɖevime ke, eye wòwɔa nu vɔ̃wo tsyo ƒomevi gɔ̃ hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi Yehowa se ʋeʋẽ lililia la, egblɔ le eƒe dzi me bena: Nyemagaƒo fi ade anyigba akpɔ le amegbetɔ ta o. Elabena ame ƒe dzimesusu enye vɔ̃ tso ɖevime ke, eye nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã, abe alesi mewo ene o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Aƒetɔ se numeme la ƒe ʋeʋẽ lílili la, edze eŋu. Egblɔ le eɖokui me be: “Nyemagaxa ɖe amegbetɔ ƒe nuwɔna ta aƒo fi ade anyigba gbeɖe o. Menya be tso eƒe ɖevime ke la, vɔ̃ ko wòsusuna le eɖokui me. Nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã, abe ale si mewɔ ene akpɔ gbeɖe o.