Habakkuk 1:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wò ŋkuwo dza ale gbegbe be màte ŋu akpɔ nu vɔ̃ɖi o eye màte ŋu alɔ̃ nu gbegblẽ hã o; ke nu ka tae nèɖe mɔ wole nu tovo wɔm? Nu ka ta nèzi kpi ame vɔ̃ɖiwo mi ame siwo le dzɔdzɔe wu wo?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wò amesi ƒe ŋkuwo dza, be màte ŋu akpɔ nu yɔ̃ɖi wɔwɔ o, eye màte ŋu alé ŋku ɖe hiãkame ŋu o, nu kaŋuti nèle ame tovo kpɔm kpleŋku, eye nèzi kpi, ne ame vɔ̃ɖi mi amesi nye ame dzɔdzɔe wui la?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ale ke wɔ nàdo dzi anɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ kpɔm? Evɔ la, wò ŋkuwo le kɔkɔe; mele be woanɔ nu tovo wɔwɔ kpɔm hafi o. Nu ka ta nàzi kpi, esime ame vɔ̃ɖi le ame si le dzɔdzɔe wui la tsrɔ̃m?