Haggai 1:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Meɖe gbe be ku neɖi le agblewo kple towo dzi. Kuɖiɖi ana bli, wain yeye, ami kple miaƒe agblemenu bubuwo nagblẽ. Kuɖiɖi la nava amegbetɔwo, lãwo kple amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔ ɖe sia ɖe dzi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eyata meyɔ kuɖiɖi ɖe anyigba kple towo ŋu, ɖe bli, aha yeye kple ami ŋu, ɖe nusiwo miena tsoa anyigba me la ŋu, ɖe amegbetɔwo kple lãwo kpakple dɔ, siwo katã wotsɔa asi wɔne la ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nyee na ku le ɖiɖim vevie ɖe anyigba kple towo ŋu, ɖe bli, wain yeye kple ami ŋu, ɖe nu siwo katã tsoa anyigba me ŋu, ɖe amegbetɔwo kple lãwo siaa ŋu, ɖe dɔ siwo katã wotsɔa asi wɔnɛ ko la ŋu.”