Haggai 1:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Tete Zerubabel, Sealtiel ƒe vi, Yosua, Yehozadak ƒe vi, nunɔlagã kple ame mamlɛawo katã ɖo to Nyagblɔɖila Hagai ƒe gbedeasi si wòxɔ tso Yehowa, woƒe Mawu la gbɔ elabena woxɔe se be Yehowa, woƒe Mawu lae dɔe eya ta ameawo vɔ̃ Yehowa eye wosubɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Zerubabel, Sealtiel vi, kple nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, kpakple dukɔ la ƒe susɔeawo katã wose Yehowa, woƒe Mawu ƒe gbe kple nyagblɔɖila Xagai ƒe nya, siwo Yehowa, woƒe Mawu la, de asi nɛ ɖo ɖe wo; eye dukɔ la vɔ̃ Yehowa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Zerubabel, Sealtiel vi kple nunɔlagã Yosua, Yehozadak vi kpakple dukɔ la ƒe ame siwo susɔ la, ɖo to Aƒetɔ, woƒe Mawu la ƒe gbe kple Xagai, gbeƒãɖela la ƒe nyawo abe ale si Aƒetɔ, woƒe Mawu la dɔe ene, eye dukɔ la vɔ̃ le Aƒetɔ ŋkume.