Haggai 1:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mieƒãa nuku taŋtaŋ gake nuku ʋɛ aɖewo ko mieŋena. Mieɖua nu gake meɖia ƒo na mi o. Mienoa nu gake meɖia kɔ na mi o, mietaa avɔ gake medea dzo lãme na mi o. Miexɔa fetu ke ɖeko mietsɔnɛ dea kotoku ŋɔŋɔ me.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mieƒã nu taŋtaŋ, gake nu ʋeea ɖe ko mieŋe; miedu nu, meɖi ƒo na mi o; mieno nu, meɖi kɔ na mi o; mieta avɔ, mede dzo lã me na mi o; miewɔ dɔ xɔ fetu, eye mietsɔe de kotoku ŋɔŋɔ me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mieƒã nu geɖe, gake nu ʋɛ aɖe ko mieŋe; mieɖu nu gake meɖi ƒo na mi o; mieno nu gake meɖi kɔ na mi o; mieta avɔ gake mede dzo lã me na ame aɖeke o; ame si xɔa fetu la, xɔnɛ kɔna ɖe kotoku ŋɔŋɔ me.’ ”