Haggai 1:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Miele mɔ kpɔm na nu geɖe, ke nu ʋɛ aɖe ko miekpɔ, eye ne mietsɔe va aƒe mee la, meɖoa ƒuƒu ɖee, eye metɔna ɖe mia si o. Nu ka tae?” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Elabena nye gbedoxɔ ganye gli gbagbã li ko, ke mia dome ame sia ame le ʋiʋlim be miatso aƒe nyuiwo na mia ɖokuiwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Miele nu geɖe sinu kpɔm, gake mesɔ gbɔ o; miehe nu va aƒee, ke meɖo ƒuƒu ɖee. Yehowa be: Nuka tae ma? Le esi nye xɔ nye glikpo li, ke miawo mia dome amesiame le duɖime kem le eƒe xɔtutu me la tae!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miekpɔ mɔ na nu geɖe, kpɔ ɖa, nu sue aɖe koe su mia si. Esi mietsɔe va aƒee la, meɖo ƒuƒu ɖee. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la bia be nu ka tae? Esi nye xɔ zu glikpo li, gake mia dometɔ ɖe sia ɖe tsi dzi ɖe etɔ ya ŋu la tae.