Haggai 2:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tsã la, ne miedzidze bli dzidzenu blaeve da ɖi eye emegbe ne mietrɔ yi ɖadzidzee la dzidzenu ewo ko wòtsina. Nenema ke, le wainfiaƒe, ne miedzidze wain ahago blaatɔ̃ da ɖi la, ahago blaeve ko wòtsina ne miegayi ɖadzidzee.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɣemaɣi la wova lu bablakɔa ɖe, si anye nudotree blave la gbɔ, ke wo ame ewo ko wònɔ; wova weinfiãƒe, be woaku goe blaatɔ̃, gake wo ame blave ko wònɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ale ke wònɔ na mi? Ne ame aɖe li kɔ bli ɖi fũu hebu be yeakpɔ nudzidzenu bla eve la, ɖe menye ewo ko wòkpɔna oa? Ne ame bubu va wainfiãƒe hebu be yeakpɔ goe bla atɔ̃ la, ɖe menye bla eve ko wòkpɔna oa?