Hebrews 10:1 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Se la nye nu nyui siwo gbɔna la ƒe vɔvɔli ko, eye menye nua ŋutɔwo o. Le susu sia ta la, vɔsa siwo wowɔna agbadree ƒe sia ƒe la mate ŋu awɔ ame siwo va subɔnɛ la blibo gbeɖe o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena esi wònye nu nyui, siwo le vava ge la, ƒe vɔvɔli koe li na se la, eye menye nuawo ƒe nɔnɔme vavã o ŋuti la, eyata ƒe sia ƒe vɔsasa, siwo wotsɔna nana ɖaasi la, mate ŋu awɔ amesiwo tena va egbɔ la, blibo gbeɖegbeɖe o;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yudatɔwo ƒe se la la, nu nyui siwo le vava ge la ƒe vɔvɔli ko wònye, menye eyae nye nu vavãtɔ la o. Esia ta se la mate ŋu ato vɔsasa siwo wowɔna ƒè sia ƒè la dzi awɔ ame siwo tena vaa Mawu gbɔ la, woade blibo gbeɖe o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Se la nye nu nyui siwo gbɔna la ƒe vɔvɔli ko eye menye nua ŋutɔwo o. Le susu sia ta la, vɔsa siwo wowɔna agbadre ƒe sia ƒe la, mate ŋu awɔ ame siwo va subɔnɛ la blibo gbeɖe o.