Hebrews 10:11 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nunɔla la wɔa eƒe vɔsasadɔwo gbe sia gbe, eye nenema ke wòwɔ vɔsa mawo ke edziedzi, vɔsa siwo mate ŋu aɖe nu vɔ̃ ɖa akpɔ gbeɖe o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nunɔla sia nunɔla nɔa tsitre gbesiagbe henɔa Mawu subɔm, eye wònɔa vɔsa mawo ke, siwo mate ŋu aɖe nuvɔ̃wo ɖa akpɔ o la, tsɔm nɔa nanam agbadre;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nunɔla ɖe sia ɖe tsia tsitre ɖe Mawusubɔƒe la gbe sia gbe. Etsɔa nunana mawo ke saa vɔe edziedzi, togbɔ be womate ŋu aɖe nuvɔ̃wo ɖa akpɔ o hã.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Osɔfo la wɔa eƒe vɔsasadɔwo gbe sia gbe eye nenema ke wòwɔ vɔsa mawo ke edziedzi, vɔsa siwo mate ŋu aɖe nu vɔ̃ ɖa akpɔ gbeɖe o.