Hebrews 10:2 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ne ɖe vɔsa mawo te ŋu wɔ wo blibo la, ne womedzudzɔ vɔsasa oa? Elabena anye ne vɔsa la kɔ ame siwo sanɛ la ŋuti zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã, eye woƒe dzitsinyawo magabu fɔ wo le woƒe nu vɔ̃wo ta o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ɖe mele nenema o la, ne womadzudzɔ vɔsasa, le esi wokɔ amesiwo nɔa Mawu subɔm la ŋuti zi ɖeka, ale bena nuvɔ̃wo nyanyaa ɖeke maganɔ wo ŋu o la ta o mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɖe wòate ŋu awɔ ame wòade blibo la, anye ne amewo dzudzɔ vɔsasa. Nenye ɖe subɔla siwo ta wosa vɔ ɖo la ŋuti kɔ zi ɖeka ko la, anye ne woƒe dzitsinya maganɔ fɔ bum wo be nuvɔ̃ le wo ŋuti o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ne ɖe vɔsa mawo te ŋu wɔ wo blibo la, ne womedzudzɔ vɔsasa oa? Elabena, anye ne vɔsa la kɔ ame siwo sanɛ la ŋuti zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã eye woƒe dzitsinyawo magabu fɔ wo le woƒe nu vɔ̃wo ta o.