Hebrews 10:9 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tete wògblɔ be, “Nyee nye esi, meva be mawɔ wò lɔlɔ̃nu.” Ale wòɖe se gbãtɔ la ɖa be wòaɖo evelia anyi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
tete wògblɔ be: „Kpɔ ɖa, megbɔna, be mawɔ wò lɔlɔ̃nu! Eɖe nu gbãtɔ ɖa, be yeaɖo evelia anyi;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egagblɔ hã be: “Yoo, meva be mawɔ wò lɔlɔ̃nu.” Eɖe ɖoɖo gbãtɔ la ɖa be yeatsɔ evelia aɖo eteƒe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Tete wògblɔ bena, “Nyee nye esi, meva be mawɔ wò lɔlɔ̃nu.” Ale wòɖe se gbãtɔ la ɖa be wòaɖo evelia anyi.