Hebrews 11:12 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale to ame ɖeka sia dzi, ame si ŋu míate ŋu agblɔ le be megale ŋutsu me o la, dzidzime geɖe siwo sɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔli ŋu kple ƒutake ene la va dzɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata tso ame ɖeka, si ƒe vidzidɔ ku la me, dzidzime va dzɔ sɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ƒe agbɔsɔsɔ ene, eye abe ƒutake, si womate ŋu axlẽ o la ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta tso Abraham ɖeka ma, si ku vɔ keŋ la me la, dzidzimevi siwo sɔ gbɔ abe ɣletiviwo alo ƒutake maxlemaxlẽ ene la va dzɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ale to ame ɖeka sia dzi, ame si ŋu míate ŋu agblɔ le be megale ŋutsu me o la, dzidzime geɖe siwo sɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔlĩ ŋu kple ƒutake ene la va dzɔ.