Hebrews 11:3 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
To xɔse me míese egɔme be Mawu ɖe gbe, eye xexea me va dzɔ, ale be wòwɔ nu si wokpɔna la tso nu si womekpɔna o la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le xɔse me míedze sii be, wotsɔ Mawu ƒe nya dzra xexeame ɖo, bena nusiwo wokpɔna la, metso nusiwo dzena le ŋku me la me o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Xɔsee na míese egɔme be Mawu ƒe nyae wotsɔ wɔ xexea me, ale be wowɔ nu si kpɔm míele la tso nu si womekpɔna o la me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
To xɔse me míese egɔme be Mawu ɖe gbe eye xexeame va dzɔ ale be wowɔ nu si wokpɔna la tso nu si wowekpɔna o la me.