Hebrews 11:39 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woɖi ɖase nyui le ame siawo katã ŋuti le woƒe xɔse ta, ke hã la, wo dometɔ aɖeke mexɔ nu si ƒe ŋugbe wodo la o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye amesiawo katã la, wònye woxɔ ɖaseɖiɖi nyui to xɔse me hafi, gake woƒe asi mesu ŋugbedodo la dzi o;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Togbɔ be ame siawo katã ƒe xɔse ɖi ɖase le wo ŋu nyuie hã la, nu si ŋugbe Mawu do na wo la mesu wo si o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Woɖi ɖase nyui le ame siawo katã ŋuti le woƒe xɔse ta, ke hã la wo dometɔ aɖeke mexɔ nu si ƒe ŋugbe wodo la o.