Hebrews 11:4 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
To xɔse me Abel tsɔ vɔsasa si nyo wu Kain tɔ la na Mawu. To xɔse me wokafui be enye ame dzɔdzɔe esi Mawu ƒo nu nyui tso eƒe vɔsa la ŋu. To xɔse me wògale nu ƒom ko, togbɔ be eku hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le xɔse me Abel tsɔ numeme, si nyo wu Kain tɔ la, na Mawu, nusi me woto ɖi ɖase nɛ be, ame dzɔdzɔe wònye; elabena Mawu ɖi ɖase le eƒe nunanawo ŋuti, eye le eya me, esi wòku hã la, egale nu ƒom.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Xɔsee Abel tsɔ na nu Mawui, eye eƒe vɔsasa dze Mawu ŋu wu Kain tɔ, ale Mawu bui nu dzɔdzɔe wɔlae. Mawu xɔ eƒe nunanawo, eye wòto eme ɖi ɖase nyui le eŋu. Abel ku baa, gake egale nu ƒom to eƒe xɔse dzi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
To xɔse me Abel tsɔ vɔsasa si nyo wu Kain tɔ la na Mawu. To xɔse me wokafui be enye ame dzɔdzɔe esi Mawu ƒo nu nyui tso eƒe vɔsa la ŋu. To xɔse me wògale nu ƒom ko togbɔ be eku hã.