Hebrews 11:5 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
To xɔse me wokɔ Enɔk dzoe tso agbe sia me, ale be meɖɔ ku kpɔ o, ale womegakpɔe o, elabena Mawu kɔe dzoe. Elabena hafi woakɔe dzoe la, wogblɔ tso eŋu be Mawu kpɔ ŋudzedze le eya amea ŋuti.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le xɔse me wotsɔ Henox yii, bene magakpɔ ku o, eye womegakpɔe o; elabena Mawu tsɔe yii, elabena hafi woatsɔe ayii la, wodi ɖase nɛ bena, edze Mawu ŋu nyuie.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Xɔse tae wokɔ Henox yi dzii, ale be meku o. Womegakpɔe o, elabe Mawue kɔe yii. Azɔ hafi woakɔe ayii la, woɖi ɖase le eŋu be eƒe nu dze Mawu ŋu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
To xɔse me wokɔ Enɔk dzoe tso agbe sia me ale be meɖɔ ku kpɔ o, ale womegakpɔe o elabena Mawu kɔe dzoe. Elabena hafi wokɔe dzoe la wogblɔ tso eŋu be Mawu kpɔ ŋudzedze le eya amea ŋuti.