Hebrews 12:15 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mikpɔ egbɔ be Mawu ƒe amenuveve metsi ame aɖeke nu o, eye mikpɔ nyuie be gbe vɔ̃ aɖeke meto ke ɖe mia dome esi ava zu aɖi vɔ̃ɖi anɔ fu ɖem na ame geɖewo ahaƒo ɖi wo o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mikpɔ nyuie, bena amea ɖeke nagade megbe tso Mawu ƒe amenuveve la gbɔ o, bena veve ƒe ke nagamie aɖe fu na mi, eye wòaƒo ɖi ame geɖe o,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mikpɔ egbɔ be Mawu ƒe amenuveve la su ame sia ame si. Gawu la, mikpɔ nyuie be nya aɖeke nagana miase veve vevie, eye wòahe masɔmasɔ avɛ be ame geɖe nagava zu ame ƒoɖiwo o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mikpɔ egbɔ be, Mawu ƒe amenuveve metsi ame aɖeke ŋu o eye mikpɔ nyuie be gbe vɔ̃ aɖeke meto ke ɖe mia dome esi ava zu aɖi vɔ̃ɖi anɔ fu ɖem na ame geɖewo ahaƒo ɖi wo o.