Hebrews 12:17 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Abe ale si mienya nyuie ene la, esi wòva be yeanyi yayra sia ƒe dome emegbe la, wogbe enana. Mɔ aɖeke meli si dzi wòato be woatrɔ nu sia o, togbɔ be edi yayra sia kple aɖatsi hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena mienyae bena, emegbe hã, esime wòdi be, yeanyi yayra ƒe dome la, wotee; elabena mekpɔ tametɔtrɔ ƒe mɔnu o, wònye etsɔ aɖatsiwo dii vevie hafi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Abe ale si mienya ene la, emegbe la, Esau di vevie be woayra ye abe ŋgɔgbevi ene, eye wòfa avi vevie. Ke womeyrae o, elabe megakpɔ mɔ atrɔ nu si eya ŋutɔ wɔ la o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Abe ale si mienya nyuie ene la, esi wòva be yeanyi yayra sia ƒe dome emegbe la, wogbe enana. Mɔ aɖeke meli si dzi wòato be woatrɔ nu sia o, togbɔ be edi yayra sia kple aɖatsi hã.