Hebrews 12:2 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mina míakpɔ Yesu dzi, ame si nye míaƒe xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula, ame si le dzidzɔ si le ŋgɔ nɛ ta la, to atitsoga ƒe fu la me, eye mebui ŋukpee o. Ale wòyi ɖanɔ Mawu ƒe fiazikpui la ƒe nuɖusime.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye míakpɔ Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa: Amesi do dzi kpe atitsoga ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mina míaƒe ŋku nanɔ Yesu ŋu ɖa. Eyae ɖo míaƒe xɔse la gɔme anyi, eye wòwɔe wòde blibo. Esi wònya dzidzɔ si le eŋgɔ ta la, edo dzi kpe fu le atitsoga ŋu, eye wòbu ŋukpe si le atitsoga ŋu la nu tsɛ ko. Ke azɔ la, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe Mawu ƒe fiazikpui la ƒe ɖusime.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mina míakpɔ Yesu dzi, ame si nye míaƒe xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula, ame si le dzidzɔ si le ŋgɔ nɛ ta la, to atitsoga ƒe fu la me eye mebui ŋukpee o. Ale wòyi ɖanɔ Mawu ƒe fiazikpui la ƒe nuɖusime.