Hebrews 12:25 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mikpɔ nyuie be miagagbe toɖoɖo ame si le nu ƒom la o. Nenye be womete ŋu si, esi wogbe toɖoɖo eya ame si xlɔ̃ nu wo le anyigba dzi la nu o la, aleke míawo ya míate ŋu asii ne míegbe toɖoɖo ame si le nu xlɔ̃m mí tso dziƒo?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mikpɔ nyuie, bena miagagbe amesi le nu ƒom na mi la o; elabena ne ame mawo, esi wogbe amesi gblɔ nya fia wo le anyigba dzi la, eye womete ŋu si le enu o la, geɖe wu miawo míate ŋu asi o, ne mietrɔ tso amesi ɖe eɖokui fia tso dziƒo la gbɔ;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mikpɔ nyuie ne miagagbe ame si le nu ƒom la ƒe gbe o. Elabe nenye be woawo mete ŋu sí le ame si gbe nya na wo le anyigba dzi la nu o la, ale ke míawo ya míate ŋu así le ame si le nya gbem na mí tso dziƒo la nu?
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mikpɔ nyuie be miagagbe toɖoɖo ame si le nu ƒom la o. Nenye be womete ŋu si, esi wogbe toɖoɖo eya ame si xlɔ̃ nu wo le anyigba dzi la nu o la, ale ke míawo ya míate ŋu asii ne míegbe toɖoɖo ame si le nu xlɔ̃m mí tso dziƒo?