Hebrews 12:27 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nyakui “ga” ɖee fia be woaɖe nu si woate ŋu aʋuʋu la ɖa, nu siwo nye nuwɔwɔwo, ale be nu siwo womate ŋu aʋuʋu o la ɖeɖe ko natsi anyi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke „zi ɖeka“ sia, si wògblɔ la, fia nusiwo woʋuʋu la ɖeɖeɖa, abe nusiwo wowɔ, bena nusiwo womeʋuʋu o la, nanɔ anyi ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ake zi ɖeka” sia fia be nuwɔwɔ siwo woʋuʋu la, woaɖe wo ɖa, ke esiwo womete ŋu ʋuʋu o la, atsi anyi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nyagbe, “ake” ɖee fia be woaɖe nu si woate ŋu aʋuʋu la ɖa, nu siwo nye nuwɔwɔwo ale be nu siwo womate ŋu aʋuʋu o la ɖeɖe ko natsi anyi.