Hebrews 12:3 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mibu fukpekpe gã si me wòto le nu vɔ̃ wɔlawo si me ŋu, ale be miagagbɔdzɔ, eye dzi naɖe le mia ƒo o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mibu amesi ɖo dzi kpe nuvɔ̃wɔlawo ƒe ɖeklemiɖeɖe na ye ŋutɔ la ŋu, bena ɖeɖi nagate mia ŋu, eye miagbɔdzɔ le mia luʋɔwo me o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mibu Yesu ŋu ɖa ne ɖeɖi nagate mia ŋu o. Eyae do dzi lɔ̃ nuvɔ̃wɔlawo tsi tre ɖe eŋu vevie.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mibu fukpekpe gã si me wòto le nu vɔ̃ wɔlawo sime ŋu ale be miagagbɔdzɔ eye dzi naɖe le mia ƒo o.