Hebrews 12:5 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke mieŋlɔ dzideƒonya si yɔ mi be viŋutsuwo la be. Nya lae nye be, “Vinye ŋutsu, mègado vlo Aƒetɔ la ƒe amehehe, eye dzi megaɖe le ƒowò, ne eka mo na wò o,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye mieŋlɔ nuxɔxlɔ̃, si ƒoa nu na mi abe viwo ene la be, eyae nye be: „Vinye, megado vlo Aƒetɔ ƒe tohehe o, eye dzi nagaɖe le ƒowò, ne eka ŋku me na wò o;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɖe mieŋlɔ dzideƒonya si me woyɔ mi le be viŋutsuviwo la bea? Eyae nye be: “Vinye, ne Aƒetɔ la he to na wò la, mègabui nu tsɛ o. Ne eka mo na wò la, dzi megaɖe le ƒowò o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke mieŋlɔ dzideƒonya si yɔ mi be viŋutsuwo la be. Nya lae nye be, “Vinyeŋutsu, mègado vlo Aƒetɔ la ƒe amehehe eye dzi megaɖe le ƒowò ne eka mo na wò o,