Hebrews 12:8 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame sia ame toa hehe te, eya ta ne miawo mieto hehe te o la, ekema mienye viŋutsuvi vavãwo o, ke boŋ mienye ahasiviwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ne mimekpɔ tohehe, si gomekpɔlawo wo katã wonye o la, ekema ahasiviwo míenye, eye menye vi vavãwo míenye o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne wona hehe ame sia ame vɔ, eye wogblẽ miawo ya ɖi, womena hehe mi o la, ekema gbɔmeviwo mienye, ke menye vi ŋutɔŋutɔwo o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ame sia ame toa hehe me eya ta ne miawo mieto hehe me o la, ekema mienye viŋutsuvi vavãwo o, ke boŋ mienye ahasiviwo.