Hebrews 13:23 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Medi be mana mianya be woɖe asi le mía nɔvi Timoteo ŋu. Ne eva ɖo afi sia kaba la, nye kplii míava kpɔ mi ɖa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Minyae bena, woɖe asi le mía nɔvi Timoteo ŋu; ne eva kaba la, mia kplii míakpɔ mi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mele nyanya nam mi be woɖe asi le mía nɔvi Timoteo ŋu. Nenye be wòva ɖo gbɔnye teti ko la, nye kplii míava kpɔ mi ɖa.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Medi be mana mianya be woɖe asi le mía nɔvi Timoteo ŋu. Ne eva ɖo afi sia kaba la, nye kplii míava kpɔ mi ɖa.