Hebrews 2:14 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi ɖeviawo nye ŋutilã kple ʋu ta la, eya hã kpɔ gome le woƒe amenyenye me, ale be to eƒe ku me wòatsrɔ̃ ame si si ku ƒe ŋusẽ le, ame si nye Abosam,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ alesi viawo kpɔ ʋu kple ŋutilã ƒe gome la, nenema ke eya hã kpɔ ekemawo ƒe gome, bene wòato ku me aɖi gbɔ amesi si ku ƒe ŋusẽ le, si nye Abosam la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi vi siwo wòwɔnɛ la nye amegbetɔwo henye ŋutilã kple ʋu ta la, Yesu hã trɔ zu amegbetɔ, eye wònɔ agbe abe woawo ke ene. Ewɔ esia ale be to eƒe ku me wòatsrɔ̃ Abosam, ame si si ku ƒe ŋusẽ le la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi ɖeviawo nye ŋutilã kple ʋu ta la, eya hã kpɔ gome le woƒe amenyenye me ale be to eƒe ku me wòatsrɔ̃ ame si si ku ƒe ŋusẽ le, ame si nye Satana,