Hebrews 2:17 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le susu sia ta wòle be woawɔe wòanɔ abe nɔviawo ene le go sia go me, ale be wòava zu nunɔlagã, nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔ me, eye be wòaxe fe ɖe amewo ƒe nu vɔ̃wo ta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata ele nɛ be, wòaɖi nɔviawo le nuwo katã me, bene wòatrɔ zu nunɔlagã nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔwo gome, bene wòalé avu le dukɔ la ƒe nuvɔ̃wo ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta ele be woawɔe wòanɔ abe nɔviawo ene le mɔ sia mɔ nu, ale be wòate ŋu azu nunɔlagã si kpɔa nublanui na ame, eye wòsubɔa Mawu nyateƒetɔe bene wòana woaɖe amewo ƒe nuvɔ̃wo ɖa.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le susu sia ta wòle be woawɔe wòanɔ abe nɔviawo ene le go sia go me ale be wòava zu Osɔfogã, nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔ me, eye be woaxe fe ɖe amewo ƒe nu vɔ̃wo ta.