Hebrews 4:10 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame sia ame si ge ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me la dzudzɔna tso eya ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔwo me abe ale si Mawu hã dzudzɔe ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena amesi yi ɖe eƒe dzudzu me la, eya hã dzudzɔ tso eƒe dɔwɔwɔwo me, abe alesi Mawu dzudzɔ tso etowo me la ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
elabe ame sia ame si de Mawu ƒe dzudzɔƒea la, dzudzɔ dɔwɔwɔ abe ale si Mawu hã dzudzɔe ene.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ame sia ame si ge ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la, me la dzudzɔna tso eya ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔwo me, abe ale si Mawu hã dzudzɔe ene.