Hebrews 4:14 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta esi nunɔlagã, Mawu Vi Yesu le mía si, ame si yi dziƒo ta la, mina míalé xɔse si me míeʋu la me ɖe asi sesĩe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ esi nunɔlagã, si to dziƒowo me yi la, le mía si, si nye Yesu, Mawu Vi la, minɛ mialé miaƒe xɔsemeʋuʋu ɖe asi sesĩe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ esi Yesu, Mawu Vi, si nye Nunɔlagã, ame si to dziƒowo me do la le mía si ta la, mina míalé míaƒe xɔse si me míeʋu la me ɖe asi sesĩe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eya ta esi Osɔfogã, Mawu Vi Yesu, le mía, si, ame si yi dziƒo ta la, mina míalé xɔse si me míeʋu la me ɖe asi sesĩe.