Hebrews 4:2 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena wogblɔ nyanyui la na mí abe ale si wogblɔe na woawo hã ene. Gake nya si wose la, meɖe vi na wo o, elabena ame siwo see la mexɔe se o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena wogblɔ nyanyuie la fia míawo hã, abe woamawo ke hã ene; gake nya, si wose la, meɖe via ɖeke na woamawo o; elabena amesiwo see la ƒe xɔse mewɔ ɖeka kple nya la o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe wova gblɔ Nyanyui la na wo abe ale si wova gblɔe na míawo hã ene, ke nya si wose la, meɖe vi aɖeke na wo o, elabe togbɔ be wosee hã la, womexɔ edzi se o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Elabena wogblɔ nyanyui la na mí abe alesi ke wogblɔe na woawo hã ene. Gake nya si wose la, meɖe vi na wo o elabena ame siwo see la mexɔe se o.