Hebrews 4:3 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ mí ame siwo xɔe se la ge ɖe dzudzɔ ma me abe ale si Mawu ŋutɔ gblɔe ene be, “Eya ta meka atam le nye dziku me be, womage ɖe nye dzudzɔƒe la me gbeɖe o.” Ke hã la, ewu eƒe dɔ la nu tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me ke.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata mí amesiwo xɔe se la, míayi ɖe dzudzɔ ma me, abe alesi wògblɔ ene bena: „Abe alesi meka atam le nye dziku me ene bena: Ne woahade nye dzudzɔ la me fĩ;“ wònye wowu dɔwɔwɔwo nu tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me hafi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke mí ame siwo xɔe se la, míege ɖe dzudzɔƒe ma. Mawu gblɔ be: “Dzi kum, eye meka atam gblɔ be: ‘Ne woaɖo afɔ nye anyigba si dzi mebe woadzudzɔ le la fĩi.’ ” Mawu gblɔ esia, togbɔ be ewɔ eƒe dɔwo wu nu, esime wòwɔ xexea me wu nu vɔ hã.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ, mí ame siwo xɔe se la ge ɖe dzudzɔ ma me abe ale si Mawu ŋutɔ gblɔe ene be, “Eya ta meka atam le nye dziku me be, womage ɖe nye dzudzɔƒe la me akpɔ o.” Ke hã la ewu eƒe dɔ la nu tso xexeame ƒe gɔmedzedzea me ke.