Hebrews 4:6 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Edze ƒãa be ame aɖewo age ɖe dzudzɔ ma me godoo, gake ame siwo wogblɔ nyanyui la na do ŋgɔ la mete ŋu ge ɖe eme o le woƒe tosesẽ ta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata esi wòsusɔ bena, amea ɖewo nayi ɖe eme, eye amesiwo wogblɔ nyanyuie la fia gbã la, meyi ɖe eme o le dzimaxɔse ŋuti la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Togbɔ be ame siwo xɔ Nyanyui la gbã mete ŋu ge ɖe dzudzɔƒe la o, elabe womeɖo to Mawu o ta hã la, mɔ la gale ʋuʋu ɖi ko be ame aɖewo nagage ɖe eme.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Edze ƒã be ame aɖewo age ɖe dzudzɔ ma me godoo, gake ame siwo wogblɔ nyanyui la na do ŋgɔ la mete ŋu geɖe eme o le woƒe tosesẽ ta.