Hebrews 5:14 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke nuɖuɖu sesẽ nye ame tsitsiwo tɔ, ame siwo to eŋudɔwɔwɔ atraɖii me he wo ɖokuiwo be woate ŋu ade vovototo nyui kple vɔ̃ dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke nuɖuɖu sesẽ li na amesiwo tsi zu blibo to ŋudɔwɔwɔ me kpɔ sidzenu, siwo nu ma wo, be wòabu nyui kple vɔ̃ me kpo la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ame tsitsiwoe ɖua nu sesẽ. Woawo la, wohe woƒe susu le nu geɖe me. Esia na be wote ŋu dea vovototo nyui kple vɔ̃ dome.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke nuɖuɖu sesẽ nye ame tsitsiwo tɔ, ame siwo to eŋudɔwɔwɔ atraɖi me he wo ɖokuiwo be woate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome.