Hebrews 7:17 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Psalmoŋlɔla ɖe nu sia fia mi kɔtɛe esi wògblɔ tso Kristo ŋuti bena, “Wòe nye nunɔla le Melkizedek ƒe ɖoƒe nu tso mavɔ me yi mavɔ me.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena woɖi ɖase le eŋu bena: „Wòe nye nunɔla yi ɖe mavɔmavɔ me le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu.“
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe woɖi ɖase le ame sia ŋuti be: “Wò la, èzu nunɔla tegbee, abe Melxizedek ene.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Psalmoŋlɔla ɖe nu sia fia mi kɔtee esi wògblɔ tso Kristo ŋuti bena, “Wòe nye Osɔfo le Melkizedek ƒe ɖoƒe nu tso mavɔ me yi mavɔ me.”