Hebrews 7:2 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le esia megbe la, Abraham tsɔ nu siwo katã wòtsɔ tso aʋagbedzi gbɔe la ƒe ewolia nɛ. Melkizedek ƒe ŋkɔa gɔmee nye “Dzɔdzɔenyenye ƒe fia.” Eye eya kee nye Ŋutifafafia, elabena du si me wònye fia lee nye Salem si gɔmee nye “Ŋutifafa.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
amesi hã Abraham tsɔ nuawo katã ƒe ewolia na la; wotso ŋkɔ nɛ gbã be dzɔdzɔenyenye ƒe fia; ke emegbe la wotrɔe be Salem-fia, si gɔme enye ŋutifafa fia:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Abraham tsɔ nu siwo katã dzi eƒe asi su la ƒe akpa ewolia nɛ. Gbã la, ŋkɔ “Melxizedek” gɔmee nye “fia nu dzɔdzɔe wɔla.” Evelia nye Salem-fia si fia be enye “Ŋutifafafia.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le esia megbe la, Abraham ma nu siwo katã wotsɔ tso aʋagbedzi gbɔe la ɖe akpa ewo me eye wòtsɔ akpa ɖeka na Melkizedek. Melkizedek ƒe ŋkɔa gɔmee nye “Dzɔdzɔenyenye, ƒe fia. Eye eya kee nye Ŋutifafa Fia, elabena du si me wònye fia lee nye Salem si gɔmee nye “Ŋutifafa.”