Hebrews 8:2 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eyae subɔna le gbedoxɔ kple agbadɔ vavãtɔ si le dziƒo la me. Gbedoxɔ sia menye esi amegbetɔ tsɔ eƒe asi tui o, ke boŋ Aƒetɔ la ŋutɔe tui.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
amesi nye kɔkɔeƒe kple agbadɔ vavã, si Mawu ŋutɔ tu, eye menye amee tui o la, ƒe subɔla.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nunɔlagã sia subɔna le kɔkɔeƒe si nye agbadɔ vavãtɔ la me. Aƒetɔ la ŋutɔe tu agbadɔ sia, ke menye amegbetɔ o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
eyae subɔna le gbedoxɔ vavãtɔ si le dziƒo la me. Gbedoxɔ sia menye esi amegbetɔ tsɔ eƒe asi tui o, ke boŋ Aƒetɔ la ŋutɔe tui.