Hebrews 9:15 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le susu sia tae Kristo nye nubabla yeye la ƒe avuléla be ame siwo woyɔ la naxɔ domenyinyi mavɔ la ƒe ŋugbedodo. Azɔ la, eku be wòazu fexexe ɖe ame siwo wɔ nu vɔ̃ le nubabla xoxoa te la ta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye le esia ta wònye nubabla yeye ƒe avuléla, bena le esi wòku le xoxo tso vodada, siwo le nubabla gbãtɔ me ŋuti ta la, amesiwo woyɔ la, naxa domenyinyi mavɔ ƒe ŋugbedodo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esia ta Kristo nye ame si tsɔ nubabla yeye la lé avui, ale be ame siwo woyɔ la naxɔ domenyinu mavɔ, si ŋugbe wodo la. Esia va eme elabe amee ku, eye esia ɖe vodada siwo nɔ anyi le nubabla xoxo la ŋɔli ɖa.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le susu sia tae Kristo nye nubabla yeye la ƒe avuléla be ame siwo woyɔ la naxɔ domenyinyi mavɔ la ƒe ŋugbedodo. Azɔ la eku be wòazu fe xexeɖeta aɖe ame siwo wɔ nu vɔ̃ le nubabla xoxoa te.