Hebrews 9:24 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena Kristo meyi ɖe kɔkɔeƒe si wowɔ kple asi la me esi nye vavãtɔ ƒe vɔvɔli la me o, ke boŋ eyi ɖe dziƒotɔ la ŋutɔ me afi si wòdo ɖe Mawu ŋkume le azɔ ɖe mía teƒe
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena Kristo meyi ɖe kɔkɔeƒe, si wotso asi wɔe wònye vavãtɔ ƒe kpɔɖeŋu la me o; ke dziƒo ŋutɔ wòyi, bene wòado ɖe Mawu ŋku me azɔ le mía ta;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe Kristo meyi ɖe Kɔkɔeƒe si wotsɔ asi tui, eye wònye vavãtɔ la ƒe kpɔɖeŋu ko la me o, ke boŋ dziƒo ŋutɔe wòyi, afi si wòle Mawu ŋkume ɖe mía teƒe le.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Elabena Kristo meyi ɖe Kɔkɔeƒe si wowɔ kple asi la me esi nye dziƒotɔ ƒe vɔvɔli la me o, ke boŋ eyi ɖe dziƒotɔ la ŋutɔ me afi si wodo ɖe Mawu ŋkume le azɔ ɖe mía teƒe