Hebrews 9:6 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne nu sia nu sɔ gbe vɔ la, nunɔlawo gena ɖe xɔ ŋgɔgbetɔ me ɖaa edzedzi, eye wowɔa mawusubɔsubɔdɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi wodzra nusiawo ɖo alea vɔ la, nunɔlawo nɔa agbadɔ ŋgɔgbetɔ me yim ɖaa ɖawɔa mawusubɔsubɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi woɖo nuawo ɖi alea la, nunɔlawo yina ɖe agbadɔ gbãtɔ, si le gota gome la me edziedzi ɖasubɔna le afi ma.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ne nu sia nu sɔ gbe vɔ la, Osɔfowo gena ɖe xɔ ŋgɔgbetɔ me ɖaa edzi edzi eye wowɔa mawusubɔsubɔdɔ.