Hosea 10:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esia ta aʋawɔwɔ ƒe ŋɔdzi alé wò dukɔ, eye woagbã wò mɔ sesẽwo katã, abe ale si Salman wɔe le Bet Arbel ene; le nyadzɔdzɔ ma me la, wolé nyɔnuwo kple wo viwo siaa xlã ɖe anyi woku.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Aʋaɣli aɖi le wò dukɔ la dome, eye woagbã wò mɔ̃ sesẽwo katã, abe alesi Salman gbã Bet-Arbel, eye wòxlã dadawo kple viwo ɖe nu la ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
aʋaɣli aɖi le wò dukɔ la dome eye woagbã wò mɔ́wo katã, abe ale si Salman gbã Bet-Arbel le aʋawɔgbe ene; woxlã vi nɔwo kple wo viwo ɖe nu wokaka.