Hosea 11:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“O, nye Efraim, aleke mate ŋu atsɔ wò ana? Israel, aleke mate ŋu aɖe asi le ŋuwò? Aleke mawɔ agbe wò abe Adma kple Zeboyim ene? Nye dzi le avi fam le menye, eye nye dzi xɔ dzo ɖe mia ŋuti be maɖe mi!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Efrayim, aleke matsɔ wo ana, eye matsa wò Israel ade asi? Aleke mawɔ wò abe Adma ene, eye mawɔ wò abe Zeboim ene? Nye dzi trɔ le menye, eye nye nublanuikpɔkpɔ le fiefiẽm wlɔwlɔwlɔ!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Efrayim, ale ke matsɔ wò anae? Israel, ale ke matsɔ wò ade asii? Nu ka ta mawɔ wò abe Adma ene? Nu ka ta mawɔ wò abe Zeboyim ene? Nye dzi maɖe mɔ nam be mawɔ nenema gbeɖe o. Nye lɔlɔ̃ na wò nu sesẽ ɣe sia ɣi.