Hosea 13:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Tsã la, ne Efraim ɖe gbe la, dukɔwo ʋuʋuna nyanyanya, elabena wodoe ɖe dzi le Israel, gake edze Baal subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ me eye wòku.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne Efrayim ƒo nu la, ŋɔdzi ɖoa ame; eyae nye tatɔ nɔ Israel; ke eɖi fɔ to Baal dzi, eye wòku.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne Efrayim ƒo nu la, ŋutsuwo dzona nyànyanya. Bubu nɔ eŋu le Israel. Ke eɖi fɔ to Baal subɔsubɔ me, eye wòku.