Hosea 13:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ke azɔ la, woƒe aglãdzedze la va de ŋgɔ. Wotsɔ woƒe klosalo na aɖaŋuwɔlawo, ame siwo lolõ wo tsɔ wɔ legbawo le woawo ŋutɔ ƒe nunya nu. Wogblɔ tso dukɔ sia ŋu be wotsɔa amegbetɔ saa vɔe, eye wogbugbɔa nu na nyivilegbawo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke wogale nuvɔ̃wɔwɔ dzi; wotsɔ woƒe klosalowo kɔ nɔnɔmewoe, eye wotsɔ woƒe aɖaŋu wɔ legbawoe; gbede ƒe dɔwɔwɔ wo katã wonye; woawoe woƒoa nu na, eye vɔsalawo gbugbɔa nu na nyiviwo!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ wogale nuvɔ̃ wɔwɔ dzi ko, eye wowɔ nuwo ƒe nɔnɔme na wo ɖokui. Wotsɔ klosalo kɔ̀ legbawo aɖaŋutɔe. Wo katã wonye aɖaŋudɔwɔlawo ƒe asinudɔwɔwɔ. Tete wogblɔ be: “Misa vɔ na esiawo!” Amegbetɔ nagbugbɔ nu na nyiviwo!