Hosea 2:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le ɣe ma ɣi me la, mabla nu le wò kple lã wɔadãwo, xeviwo, kple lã siwo tana la dome, maŋe dati kple yi, maɖe aʋawɔwɔ ɖa le anyigba dzi, eye ame sia ame anɔ anyi le ŋutifafa me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Yehowa gblɔ esi: Le ɣemaɣi la ãyɔm he „srɔ̃nye“, nye mãgayɔm be „nye Baal“ azɔ la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ɣe ma ɣi me la, mabla nu kple gbemelãwo kple xewo kpakple nutatawo katã ɖe nye dukɔ nu. Maɖe dati kple yi kpakple aʋawɔwɔ ɖa le anyigba la dzi, eye mana woamlɔ anyi anɔ dedie.