Hosea 3:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa gblɔ nam be, “Yi nàkplɔ srɔ̃wò agbɔe, eye nàlɔ̃e, togbɔ be ame bubu le elɔ̃m, eye wòwɔ ahasi hã, elabena Yehowa galɔ̃ Israel kokoko, togbɔ be edzo yi ɖe mawu bubuwo gbɔ, eye wòlɔ̃ waintsetsebolo hã.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yehowa gblɔ nam bena: Gayi nalɔ̃ nyɔnu, si ame bubu le lɔlɔ̃m, eye wònye gbolo la, abe alesi Yehowa lɔ̃ Israel-viwo, ke woawo trɔ ɖe mawu tutɔwo ŋu, eye wole weintsetsebolo lɔ̃m la ene.“
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ gblɔ nam be: “Gayi nàɖadi nyɔnu si le zɔzɔm kple ŋutsu bubu aɖe la. Lɔ̃e abe ale si nye hã megalɔ̃ Israel ene. Togbɔ be wogale mawu bubuwo subɔm, eye wotsɔ waintsetse le abolo ƒom na wo hã la, megalɔ̃ wo.”