Hosea 7:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wo katã wonye ahasitɔwo sɔŋ. Abe ale si abolomela doa kpodzo wòbinae va se ɖe esime eƒe abolomɔ la ho hafi wòlɔnɛ ene la, nenema ke ame siawo ƒe dzi nɔa bibim ɖe ahasiwɔwɔ ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ahasitɔwowo katã wonye, wole abe kpo, si me aboloƒola do dzo ɖo ene; ne eblu amɔwɔ la, edzadzɔa dzoa tutu ɖo, vaseɖe esime wòaʋã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ahasiwɔlawo wo katã wonye. Wole abe abolokpo ene. Ne aboloƒola la blu wɔ vɔ la, megatua dzoa ɖo o, va se ɖe esime aboloa naʋã.